Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 eye woaxlã wo kple viwò, siwo le mewo la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewo o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

44 eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:44
19 Mawu Ofanana  

Woayra amesi alé wò vidziewo axlã ɖe agakpe!


Nuka miawɔ le gbesigbe wotu eŋu fe, eye gbegblẽ tso adzɔge va? Ameka miasi atso, eye afika miagblẽ miaƒe kesinɔnuwo ɖo?


Maƒu asaɖa anyi ɖe ŋuwò godoo, mana aʋakɔwo namimi wò ɖo, eye maɖe ne ɖe ŋuwò.


woƒe amea ɖeke makpɔtɔ o, elabena mahe dzagbevɔ̃e ava Anatot-ŋutsuwo dzi le ƒe, si me mahe to na wo.


Nuvɔ̃e Yerusalem wɔ, eyata wòzu ŋunyɔnu. Amesiwo katã bui tsa la, la vlo domi, le esi wokpɔ eƒe ama ta. Ke eya ŋutɔ le hũ ɖem eye wòɖe eɖokui ɖe aga.


Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Ke eɖo eŋu gblɔ na wo bena: Ɖe miele nusiawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le abi, si womatu asii aƒu anyi o.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ele xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.


Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva kpɔ eƒe dukɔ ɖa, eye wòwɔ ɖeɖe nɛ,


le míaƒe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋuti, esime kekeli dze tso dziƒo ʋĩ va kpɔ mí ɖa,


gblɔ bena: Wò hã, ɖe nènya nusi na ŋutifafa wò le wò ŋkeke sia me: ke azɔ la eɣla ɖe wò ŋkuwo!


Nusiawo, siwo ke kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa