Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye wòva ve me, esi wògogo Betfage kple Betania le to, si woyɔna be Amito la ŋuti la, edo eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:29
11 Mawu Ofanana  

Eƒe afɔ anɔ amito, si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi, eye amito la afe de titina kpla aɖo ta ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe; lo la ƒe afã ado ta anyiehe, eye afã aɖo ta dziehe; bali la me akeke ŋutɔ.


Eye wògblẽ wo ɖi do go tso dua me yi ɖe Betania, eye wòtsi afima dɔ.


gblo bena: Miyi kɔƒe, si le mia ŋgɔ la me, eye ne miege ɖe eme la, miakpɔ tedzivi le ka me, esi dzi amea ɖeke menɔ kpɔ o; mitui, eye mikplɔe vɛ.


Ke esi wògogo va do afisi woɖia Amito la ƒe abu lena la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la katã de asi dzidzɔkpɔkpɔ kple mawukafukafu me kple gbe sesẽ le ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo katã wokpɔ la ŋuti


Ke le ŋkeke me la ebaa nu le mawuƒe la me, eye le zã me la edoa go yina ɖadɔa to, si woyɔna be Amito la dzi.


Eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, edo go yi ɖe Amito la ŋu, eye nusrɔ̃lawo hã kplɔe ɖo.


Eye wòkplɔ wo do go vaseɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo.


Tete wotrɔ yi Yerusalem tso to si woyɔna be Amito la dzi, esi tsɔ ɖe Yerusalem gbɔ anɔ Sabat dzi ƒe azɔlizɔzɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa