Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 elabena mevɔ̃ wò, esi nènye ame sẽŋuta ŋuti, ètsɔa nusi mèda ɖi o, eye nèŋea nusi mèƒã o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:21
16 Mawu Ofanana  

Eye bubu va gblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, wò pounde, si metsɔ dzra ɖo ɖe taku nu la, nye esi;


Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la,


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o.


Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.


Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.


Vɔvɔ̃a ɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe: elabena fetu vɔ̃ le vɔvɔ̃ me: ke amesi le vɔvɔ̃m la, mezua blibo le lɔlɔ̃ me o.


bene wòaɖrɔ ʋɔnu wo katã, eye woaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔ̃a Mawu o la, le woƒe dɔwɔwɔ vlo, siwo katã wowɔ mawumavɔ̃mavɔ̃e kple nya sesẽ, siwo katã nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ ɖe eŋuti la ta.


Eye Samuel gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o! Mienyã wɔ nu vlo siawo katã hafi, gake ɖeko migate ɖa le Yehowa ŋu o, eye misubɔ Yehowa tso miaƒe dzi blibo me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa