Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wògblɔ ne bena: Ehẽ, ɖɔla nyui, esi nèzu nuteƒewɔla le nu suetɔ me ŋuti la, ŋusẽ anɔ asiwò ɖe du ewo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 “Fia la kafui gblɔ be, ‘Èdze agbagba, wò dɔla nyui! Esi nèɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la, matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:17
14 Mawu Ofanana  

eve Yosef nu, eye wòtsɔe wɔ eƒe subɔlae, eye wòtsɔe ɖo eƒe me nu wo dzikpɔlae hetsɔ eƒe nuwo katã ɖe esi.


Amesi kpɔa eƒe gboti dzi la, aɖu eƒe kutsetse; nenema ke amesi dzɔa eƒe aƒetɔ ŋu la, woade bubu eŋu.


Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!


Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi woa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wola le nu geɖewo hã me.


Eye gbãtɔ va do gblɔ bena: Aƒetɔ, wò pounde la ɖe vi pounde ewo ɖe edzi.


Eye evelia va gblɔ bena: Aƒetɔ, wò pounde la ɖe vi pounde atɔ̃.


bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.


hafi amesi nye Yudatɔ le ɣaɣla me la, eya boŋ enye Yudatɔ, eye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, menye le agbalẽŋlɔdzesi nu o la, eyae nye aʋatsotso; amesi ƒe kafukafu metso amewo gbɔ o, ke tso Mawu gbɔ boŋ.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa