Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.
Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.