Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 18:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòdo lo na wo, le alesi wòle na wo be, woaɖo gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o la ŋuti,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye ɖeɖi megate wo ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 18:1
26 Mawu Ofanana  

Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me,


Ne nyemehexɔe se be, mãkpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o fi!


Mawu, kafukafuha edze wò le Zion, eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na.


Aƒetɔ, ve nunye, elabena wò yɔm mele gbawotsyogbe.


ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Miɖee toe, vaseɖe esime wòaɖo Yerusalem te, eye wòatsɔe awɔ kafukafu le anyigba dzi.


Miayɔm, miaɖado gbe ɖa nam, eye maɖo to mi.


Mede towo ƒe agunu ke, eye anyigba do gameti ɖe nunye ɖikaa, ke èhe nye agbe tso do me, Yehowa, nye Mawu!


Elabena amesiame, si le nu biam la, exɔna: eye amesi le nu dim la, ekpɔna; eye amesi le ʋɔa ƒom la, woʋunɛ nɛ.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.


Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!


Eyata esi subɔsubɔdɔ sia le mía si, abe alesi míekpɔ nublanuikpɔkpɔ ene la, ɖeɖi mete mia ŋu o.


Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi!


Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye minɔ ŋudzɔ le eme kple akpedada,


Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!


Eye esi wòle gbe dom ɖa le Yehowa ŋku me eteƒe didi la. Eli lé ŋku de eƒe nu ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa