Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena: Ho ɖokuiwò naɖaɖo ɖe atsiaƒu me! eye aɖo to mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:6
13 Mawu Ofanana  

Tete wògblɔ bena: Va! Eye esi Petro ɖi le ʋua me la, ezɔ tsia dzi va Yesu gbɔ.


Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.


Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me.


Ele abe logoku ene, esi ne woƒãe ɖe anyigba me la, ele sue wu atiku, siwo katã le anyigba la dzi;


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu.


Eɖi logoku, si amea ɖe tso ƒã ɖe eƒe abɔ me, eye wòtsi zu ati, eye dziƒoxeviwo va wɔ atɔ ɖe eƒe siawo me.


Ke mia dome ameka ƒe dɔla le agble ŋlɔm alo le lã nyim, eye ne etso agble va aƒe la, wòagblɔ nɛ bena: Va kaba, eye nabɔbɔ nɔ anyi mahã?


Eye wòƒu du dze ŋgɔ ɖaha gbotia ɖe dzi, be yeakpɔe, elabena egbɔna afima to ge.


Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o!


Eye Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome lãme eve va egbɔ, eye wòdɔ wo do ɖe Aƒetɔ la gbɔ gblɔ bena: Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã?


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa