Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 nenema ke wòanɔ le ŋkeke, si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Ɛ̃, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi Amegbetɔ Vi atrɔ gbɔ la naɖo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:30
22 Mawu Ofanana  

Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo va egbɔ wo tɔxe gblɔ bena: Gblɔe na mi, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?


Eye sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo no la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


eye womedze sii o, vaseɖe, esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii ta, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.


Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe.


Elabena alesi dzikedzo, ne eke dzo le dziƒo ƒe go ɖeka me, wòklẽna de dziƒo ƒe go keme dzii la, nenema Amegbetɔvi la lanɔ le eƒe ŋkeke la dzi.


ke le ŋkeke, si dzi Lot do go tso Sodom la, dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wotsrɔ̃ wo katã:


Elabena ŋkeke siawo nye hlɔ̃biabiaŋkekewo, bena woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi la nu.


Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le alilikpo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


bena miele megbe le amenuvevenunanaa ɖeke me o, eye miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la lalam,


amesi hã ali ke mi yiɖase nuwuwu la dzi, bene mianye ame maɖifɔwo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.


eye mi amesiwo kpo xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me


Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo


bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;


ke boŋ zi geɖe alesi miekpɔ gome le Kristo ƒe fukpekpewo me la, zi geɖe ma ke mikpɔ dzidzɔ bena, le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia me hã la míakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye.


Eye azɔ, vinyewo, mina eya me, bena ne eva do la, ne dzi naɖo mia ƒo, eye ŋu nagakpe mí le eƒe ŋku me le eƒe vava la me o.


Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa