Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eve alesi wòva ve me le Noa ƒe ŋkekeawo mee la, nenema wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo hã me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 “Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:26
16 Mawu Ofanana  

Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,


Eye Yehowa gblɔ bena: Matsrɔ̃ ame, siwo mewɔ la ɖa le anyigba blibo la katã dzi, tso amewo kple lãwo dzi vaseɖe nu tatawo kple dziƒoxe dzodzoewo dzi, elabena evem bena, mewɔ wo.


Ke Yehowa ve Noa nu.


ke agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ li: wole nyi wum, wole ale tsom, wole lã ɖum, eye wole wein nom! Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!


Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Ŋkekewo gbɔna, le esi me miadi be, míakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, eye míakpɔe o.


Elabena alesi dzikedzo, ne eke dzo le dziƒo ƒe go ɖeka me, wòklẽna de dziƒo ƒe go keme dzii la, nenema Amegbetɔvi la lanɔ le eƒe ŋkeke la dzi.


Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole srɔ̃ɖeɖe dzi, eye wole wo tsɔm na, be woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi de aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va, eye wotsrɔ̃ wo katã.


Ke mia dome ameka ƒe dɔla le agble ŋlɔm alo le lã nyim, eye ne etso agble va aƒe la, wòagblɔ nɛ bena: Va kaba, eye nabɔbɔ nɔ anyi mahã?


Mele egblɔm na mi bena: Aɖe wo kaba. Gake ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


nusiawo na tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wotsrɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa