Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Gake ele nɛ gbã be, wòakpe fu geɖe, eye dzidzime sia lado vloe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Gake gbã la, ele be makpe fu vevie, eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye.

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:25
18 Mawu Ofanana  

Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.


Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo, eye woatso kufia nɛ, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo;


Ɖe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia hã kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe;


Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.


Elabena efia nu eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo bena: Woade Amegbetɔvi la asi na amewo, eye woawui, eye ne wowui la, agatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.


Eye wòyɔ ame wuieveawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi le Amegbetɔvi la ŋuti la nu.


eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre.


eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe;


hegblɔ bena: Ele na Amegbetɔvi la be, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo aɖo vloe, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o.


bena woawu nya, si nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi la nu bena: „Aƒetɔ, ameka xɔ miaƒe nyagbɔgblɔ la dzi se mahã? Eye ameka woɖe Aƒetɔ ƒe abɔ la fia mahã?“


Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa