Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Elabena alesi dzikedzo, ne eke dzo le dziƒo ƒe go ɖeka me, wòklẽna de dziƒo ƒe go keme dzii la, nenema Amegbetɔvi la lanɔ le eƒe ŋkeke la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 “Elabena Amegbetɔ Vi la ƒe tɔtrɔgbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le lilikpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe.

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:24
16 Mawu Ofanana  

Eye nu gbagbeawo le du dzi tso afi yi afi abe dzikedzo ene.


Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi.


Elabena alesi dzi kea dzo le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒee la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.


Eye womesia akaɖi hã dana ɖe afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòaklẽ na amesiwo katã le aƒea me.


amesi hã ali ke mi yiɖase nuwuwu la dzi, bene mianye ame maɖifɔwo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


elabena mia ŋutɔwo mienyae kɔte bena, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene.


bene miagana woate mi ɖa kaba tso miaƒe tamesusu me o, eye miagana woado voɖi na mi hã o, eɖanye to gbɔgbɔ alo to nya me o alo to agbalẽ, si le abe mía gbɔ wòtso ene la me o, abe ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ɖo va ene.


eye tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe vava ƒe ɖeɖefia la me.


Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa