Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye esi farisitɔwo bia ɣeyiɣi, si dzi mawufiaɖuƒe la ava lae la, eɖo eŋu na wo gblɔ bena: Mawufiaɖuƒe la megbɔna kple zi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be ɣe ka ɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge? Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku,

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:20
9 Mawu Ofanana  

Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Mieʋuʋu miaƒe ɖu me ʋuʋudedi, si ke lé ɖe miaƒe afɔwo ŋuti, gɔ̃ hã ɖi na mi; gake minya esia bena, mawufiaɖuƒe la gogo.


Eye wòva ve me, esi wòyi ɖe farisitɔwo ƒe amegãwo dometɔ ɖeka ƒe me le Sabat dzi, be yeaɖu abolo la, wole ŋudzɔ ne.


Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe.


Eye esi wole nusiawo sem la, edo lo ƒu dzi na wo, elabena egogo Yerusalem, eye woawo bu xa bena, mawufiaɖuƒe la le dodo ge enumake.


Yesu ɖo ŋu bena: Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o, nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womãgadem asi na Yudatɔwo o, ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa