18 Alo amesiwo atrɔ atsɔ bubu na Mawu la meli o, negbe amedzro sia ko mahã?
18 Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?”
Woŋlɔ eƒe dɔwɔwɔwo be kaba, eye womekpɔ eƒe tameɖoɖo sinu o.
Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!
Woade bubu Yehowa ŋu, eye woaɖe gbe ƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi!
Ke ame geɖe, siwo nye mlɔetɔwo, lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo.
Nenem eye mlɔetɔwo lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo; elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ, eye ame ʋeewo nye amesiwo wotia.
Ke esi Yesu see la, eƒe mo wo yaa, eye wògblɔ na amesiwo le eyome la bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.
hafi fiaɖuƒe la ƒe viwo la, woatso wo aƒu gbe ɖe viviti, si le egodo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.
Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.
Eye Yesu xɔ dzi gblo bena: Alo menye ame ewo ŋutie ko o mahã? Ke afika wo ame asieke la le?
eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.