Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a Mawu.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:8
23 Mawu Ofanana  

Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã?


Xɔlɔ̃a ɖe le Amnon si, eŋkɔ nye Yonadab, Dawid nɔvi Simea vi; eye Yonadab dze aɖaŋu ŋutɔ.


Eyata miyɔ Baal fe nyagblɔɖilawo katã kple esubɔlawo katã kpakple eƒe nunɔlawo katã ɖem, amea ɖeke megatsi anyi o, elabena mele vɔsaŋkeke gãa ɖe ɖu ge na Baal. Amesi ke tsi anyi la, maganɔ agbe o! Ke ŋɔdzomenue Yehu wɔ, be woatsrɔ̃ Baal-subɔlawo.


tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo.


Enyo, mina miadze aye ɖe wo ŋuti, bena womagasɔ gbɔ ɖe edzi o, eye ne aʋa dzɔ la, womagade míaƒe futɔwo dzi awɔ aʋa kpli mí ahaʋu le anyigba la dzi o.


Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo, ke wodoa vlo amesi ƒe nya medzea to o.


Eye ne amea ɖe agblɔ nya ɖe amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke amesi ke agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le xexe sia alo esi lava, va la me o.


Egblɔ bena: Le amedzrowo si. Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema viwo le wo ɖokui si.


Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi woa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wola le nu geɖewo hã me.


Menya nusi mawɔ bena, ne woɖem ɖa le xɔnuvinyenye la nu la, ne woaxɔm ɖe woƒe aƒewo me.


Eya yome wògblɔ na ame bubu bena: Ke wò ɖe, ho nenie nènyi? Eye wògblɔ bena: Bli golo alafa. Egblɔ nɛ bena: Tso wò fegbalẽ, eye naŋlɔ blaenyi.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Mise nusi ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Xexe sia me viwo ɖea srɔ̃, eye wotsɔa wo nana, be woaɖe;


ke amesiwo dze be, woƒe asi nasu xexe keme kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi la, womeɖea srɔ̃ o, eye wometsɔa wo nana, be woaɖe hã o,


Esi kekeli la le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se, bena míazu kekeli ƒe viwo Nusiawo Yesu gblɔ, eye wòdzo yi ɖaɣla eɖokui ete wo.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


elabena tsã la mienye viviti, ke azɔ la míezu kekeli le Aƒetɔ la me.


Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


elabena mi katã míenye kekeli viwo kple ŋkeke viwo; míenye zã alo viviti ta o.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa