Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke xɔnuvi la gblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Nuka wɔ ge mala? Elabena nye aƒetɔ le xɔnuvinyenye la xɔm le asinye, nyemate ŋu ade agble o, eye migabia kpea ŋu nam.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 “Gakɔntametola la yi ta me sẽe, eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia? Nye aƒetɔ nyam le afi sia, evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu hã o, elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa.

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:3
26 Mawu Ofanana  

Esi Haman ge ɖe eme la, fia, la biae bena: Nuka woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia le didim be, yeade bubui? Tete Haman bu le eƒe ta me be Ameka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui, ne menye nye ko oa?


Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.


Kuviatɔ ƒe mɔ enye ŋukpɔ; ke nuteƒewɔlawo ƒe toƒe enye mɔ tata.


Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le ɖɔ ŋu la, nugblẽla nɔvl wonye.


Kuviawɔwɔ ɖe wòɖɔa alɔ̃ eme, eye eme wɔƒome ɖɔe wunɛ.


Kuviatɔ be, yemade agble le kele me o, eyata wòdia nu le nuŋeɣi doa kpoe.


Ne amea ɖe wɔ vinugbee ne eƒe kluvi tso ɖevime ta, ava ɖu aƒetɔ emegbe.


Nuka miawɔ le gbesigbe wotu eŋu fe, eye gbegblẽ tso adzɔge va? Ameka miasi atso, eye afika miagblẽ miaƒe kesinɔnuwo ɖo?


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


Nuka miawo le takpegbe kple Yehowa ƒe ŋkekenyuie la dzi?


Ke esi fiẽsi ɖo la, weinbɔtɔ la gblɔ na eƒe xɔnuvi bena: Yɔ dɔwɔlawo vɛ, eye nana fetu wo, eye nadze egɔme atso mlɔetɔwo dzi vaseɖe gbãtɔwo dzi.


Eye wova Yerixo; eye esi wòdo go tso Yerixo kple eƒe nusiawo kple ameha gã la, Bartimeo, Timeo vi, si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la, bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔ to.


eye wobu le eɖokui me bena: Nuka wɔ ge mala? Elabena nyemekpɔ afisi maƒo nye kutsetsewo nu ƒu ɖo o.


Eye wòyɔe gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, eye mese esia le ŋuwò mahã? Bu akɔnta le wò xɔnuvinyenye la ŋuti, elabena megale ŋu te ge anye xɔnuvi gbeɖe o.


ke ame dahea ɖe, si ŋkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ;


Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii.


Menya nusi mawɔ bena, ne woɖem ɖa le xɔnuvinyenye la nu la, ne woaxɔm ɖe woƒe aƒewo me.


Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la,


Eyata eƒe aƒelikawo kple amesiwo kpɔe tsã bena, nubiala wònye la, gblɔ bena: Ɖe menye amesia nɔ anyi henɔa nu biam la o mahã?


Eye wotsɔ ŋutsua ɖe, si nye tekunɔ tso dadaa ƒe dome ke la ve, amesi wotsɔna dana ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru, si woyɔna be nyui la nu gbesiagbe, be wòabia nu le amesiwo yina ɖe mawuxɔa me la si.


Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.


Elabena miese bena, amea ɖewo zɔna sakasaka le mia dome, eye womewɔa dɔa ɖeke o, ke boŋ wowɔa yakadɔwo sɔŋ ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa