Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gãa ɖe le mia kple miawo dome, ale bena, ne amewo le didim be, woatso afii ayi mia gbɔ la, womate ŋui o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mia gbɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:26
15 Mawu Ofanana  

Esia nye amesiwo ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu la, ƒe zɔzɔme, eye woƒe nya dzea wo yometɔwo ŋu. Sela.


Mi, amesiwo ŋlɔ Mawu be, midze si esia dzro, ne nyemagavuvu nu, eye ɖelaa ɖeke manɔ anyi o!


Eye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame maganɔe na Israel ƒe aƒe la tso amesiwo ƒo xlã wo godoo, eye wole vlo dom wo la si me o, ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Mele egblɔm na wò bena: Màdo go le afima o, vaseɖe esime naxe ho mlɔetɔ.


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


Eye wògblɔ bena: Ekema meɖe kuku na wò, fofo bena, nadɔe ɖe fofonye ƒe me;


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Amesi ke wɔa vɔ̃ la, neno vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nena nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.


Esi Abigail va Nabal gbɔ la, kpɔ ɖa, etu aglo ɖe eƒe me, abe alesi fia tua agloe ene, eye Nabal kpɔ dzidzɔ hemu aha wòtso me; ke megblɔ nya sue alo geɖe nɛ, vaseɖe esime ŋu ke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa