Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 “Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe.

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:19
23 Mawu Ofanana  

Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.


Nunyalawo ƒe kesinɔnu enye fiakuku; ke bometsilawo ƒe bometsitsi la, bometsitsi ko wònye.


Elɔ̃a kuntruwo na eɖokui, aklala kple aɖahɛ nye eƒe avɔtata.


ahuhɔ̃ewo, awutewuiwo, tabablawo kple moxevɔ gãwo.


Edo sika kple klosalo, wò avɔtata nye aklala, seda kple avɔ ŋɔŋɔe, eye wò nuɖuɖu nye wɔ memee, anyitsi kple ami; ale nèdze tugbe eteƒe mekɔ o, eye fiaɖuƒe su asiwò.


Kpɔ ɖa, nɔviwònyɔnu Sodom ƒe vodada enye: Dàda kple nuɖuɖu fũ, eye eya kple nɔvianyɔnuwo nɔ agbe vivi bɔkɔɔ; ke mekpe ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.


Egiptetɔwo ƒe aklala, si wolɔ̃ ŋɔŋɔe la, nye wò abala, ne wòanye aflaga na wò, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa-ƒukpowo dzi nye wò agbadɔ.


Eye wotsɔ awu dzi ʋlaya hedo nɛ, eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ;


Eye esi woɖu fewu le eŋuti vɔ la, woɖe awu dzi la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe do goe, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Eye mede ŋkeke geɖea ɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye woʋu heyi anyigba didia ɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖabaɖa nɔnɔ.


Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo hã bena: Ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si xɔnuvi le esi, eye wotso eyama nu nɛ bena, ele eƒe nuwo gblẽm.


Amesiame, si aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi; eye amesi aɖe esi ŋu ŋutsua ɖe ɖe asi le la, ewo ahasi.


ke ame dahea ɖe, si ŋkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ;


Eye nyɔnu la do aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwɔ leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo, eye sikakplu, si me yɔ fũ kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye la, le esi.


Baba, baba na du gã la! Eya, si do aklalabiɖibiɖiwu kple aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwu leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo! Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo golẽ petepete.


Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.


Eye sikatogɛ, siwo wòbia la, ƒe kpekpeme le sekel akpe ɖeka kple alafa adre, womebu kogɛ kple tomedzonu kpakple aɖabɛwu, siwo Midian-fiawo do, kple kɔsɔkɔsɔ, siwo le ka na woƒe kposɔwo la, ɖe me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa