Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke ele bɔbɔe, be dziƒo kple anyigba nu nayi wu esi se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka natsi anyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Gake esia mefia be sea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ le mɔ aɖeke nu o. Ŋusẽ gale eŋu, eye wòle te sesĩe abe dziƒo kple anyigba ene.

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:17
11 Mawu Ofanana  

Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.


Mifɔ mo dzi ɖe dziƒo eye mide mo to ɖe anyigba; elabena dziƒo abu abe dzudzɔ ene, anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsuwo ene; ke nye xɔname anɔ anyi tegbee, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi o.


Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o.


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Ekem ɖe mietsɔ xɔse la tu se la mahã? Gbeɖe! Ke mietsɔ se la tu tsitre boŋ.


ke Aƒetɔ ƒe nya la noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.“ Ke esiae nye nya, si wogblɔ fia mi.


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o.


Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa