Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eyaŋuti, ne miezu nuteƒewɔlawo le anyigbadzinu madzɔmadzɔwo me o la, ameka atso nyateƒenu ade mia si mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si?

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:11
9 Mawu Ofanana  

Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.


Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.


Eye ne míenye nuteƒewolawo le ame tutɔ ƒe nuwo me o la, ameka atso mia ŋutɔwo tɔ ana mi mahã?


Eye nye hã mele egblɔm na mi bena: Mitso anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui bena, ne wo nu tsi la, woaxɔ mi ɖe agbadɔ mavɔwo me.


Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa