Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 15:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye wòɖo ŋu gblɔ na fofoa bena: Kpɔ ɖa, nenem ƒe geɖe siawo mesubɔ wò, eye nyemeda wò seawo dzi kpɔ o, ke nye la mena gbɔ̃ tatam kpɔ bena, mía kple xɔ̃nyewo míakpɔ dzidzɔ o:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mesubɔ wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemeda wò sedede ɖeka pɛ hã dzi kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be mawu ne nye kple xɔ̃nyewo míaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 15:29
23 Mawu Ofanana  

ame siwo le gbɔgblɔm be: Nɔ adzɔge, megaka asi ŋunye o, mava wɔ wò kɔkɔe la, amesiawoe nye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo, si abi nu ŋkeke blibo la.


eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?


ɖe miegblɔna be: „Mawusubɔsubɔ la, dzodzroe, viɖe ka wonye be, míeléa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye mienɔa ahovɔ me nɔa yiyim le Yehowa Zebaot ŋku me hã oa?


gblɔ bena: Ame mlɔetɔ siawo wo do gaƒoƒo ɖeka ko, eye nèwɔ wo wosɔ kpli mi, amesiwo kpe hiã ŋkeke blibo la katã, eye ŋɖɔkutsu ɖu mi la.


Eye wòbi dzi, eye melɔ̃ be, yeayi ɖe aƒea me o. Ke fofoa ɖo go va ɖe kuku ne.


ke esi viwòŋutsuvi sia, si gblẽ wò nuwo kple nyɔnu wɔahasiwo la, va ko la, nèwu nyivi dami nɛ.


Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.


Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mi be, miawo la, eya koe miewɔ.


Eye wòɖo lo sia na amea ɖewo, siwo ɖo dzi ɖe woa ŋutɔwo ɖokui ŋu bena, yewonye ame dzɔdzɔewo, eye wobu ame bubuwo be, womenye naneke o la bena:


elabena mevɔ̃ wò, esi nènye ame sẽŋuta ŋuti, ètsɔa nusi mèda ɖi o, eye nèŋea nusi mèƒã o.


Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.


Azɔ la, afika adegbeƒoƒo le mahã? Woɖee ɖe aga. To se ka ƒomevi mea? Ɖe dɔwɔwɔwo toe loo? Gbeɖe! Hafi to xɔse ƒe se la me boŋ.


Ke nye la mena agbe semanɔsitɔe tsã; ke esi sedede va la, nuvɔ̃ la gbɔ agbe,


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa