Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 15:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 “Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 15:20
22 Mawu Ofanana  

Tete Esau ƒu du va kpee, kpla asi kɔ nɛ, eye wòɖuɖɔ nu nɛ, eye wòde asi avifafa me.


Emegbe la ekpla asi kɔ na Benyamin, eye wòfa avi, eye Benyamin hã fa avi ɖe eƒe kɔ dzi.


Yosef na woɖo eƒe tasiaɖam ɖo, eye wòɖoe yi fofoa Israel kpe ge le Gosen. Esi wòkpɔe la, ekpla asi kɔ ne, eye wòfa avi ɖe eƒe ko dzi ʋuu.


Tete Yoab yi fia la gbɔ ɖagblɔe ne; eye wòyɔ Absalom. Esi wòva fia la gbɔ la, ede ta agu ɖe fia la ŋku me, eye fia la gbugbɔ nu na Absalom.


Ke wò, Aƒetɔ la, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela nènye, ègbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe asiwò.


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzie be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!


Mekpɔ eƒe mɔwo, mayɔ dɔe, makplɔe, eye mafa akɔ na eya kple eƒe nuxalawo.


Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Nyemegadze be, nayɔm be viwò o; wɔm abe wò dɔlawo dometɔ ɖeka ene.


Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o.


Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.


Eye wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe ko dzi, eye wogbugbɔ nu ne


Ke azɔ la miele Kristo Yesu me, mi amesiwo le adzɔge ʋĩ tsã la, miete va le Kristo ƒe ʋu la me.


Eye wòva gblɔ ŋutifafa ƒe nyanyuie la fia mi amesiwo le adzɔge kple amesiwo le kpuiƒe la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa