Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 15:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye mede ŋkeke geɖea ɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye woʋu heyi anyigba didia ɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖabaɖa nɔnɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 “Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 15:13
35 Mawu Ofanana  

Elabena amesiwo te ɖe aga le ŋuwò la, woegblẽ; àtsrɔ̃ amesiwo katã trɔ ʋu le yowòme la.


Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le ɖɔ ŋu la, nugblẽla nɔvl wonye.


Amesi lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ la, azu hiãtɔ; eye amesi lɔ̃a wein kple ami ʋeʋẽe la, makpa ho o.


Nu xɔasiwo kple ami le nunya ƒe me, ke bometsila tsɔa wo doa dzodzoe.


Ŋutsu, si si tso wo de la, le abe xevi, si si tso eƒe atɔ me ene.


Amesi dzraa se ɖo la, vi nyanue; ke amesi tsoa nutsuɖuɖu ɖoa dɔe la, dea ŋukpe fofoa ŋu.


Amesi lɔ̃a nyateƒe la, doa dzidzɔ na fofoa, ke amesi doa ka kple gbolowo la, gblẽa kesinɔnuwo dome.


Elabena gbolo ɖe wòɖia gbɔ ame vaseɖe abolo dzi, eye nyɔnu srɔ̃tɔ le agbe xɔasi la minyam.


Baba na mi anyigba dzi nɔlawo, dukɔ, si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo, vodalawo ƒe viwo, vi gbegblẽ wo! Wogblẽ Yehowa ɖi, wodo ɖiŋu na Israel ƒe kɔkɔeto la, eye wogbugbɔ ɖe megbe.


ke agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ li: wole nyi wum, wole ale tsom, wole lã ɖum, eye wole wein nom! Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!


Mite ɖa le mɔ la dzi midze le toƒe la, eye mina Israel ƒe kɔkɔetɔ la nabu le mía ŋku me!


Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.


Elabena nye dukɔ wɔ vɔ̃ ƒomevi eve: wogblẽ nye, amesi nye tsi gbagbe vudo la ɖi, be woaɖe tsido na woawo ŋutɔ ɖokui, tsido, siwo gɔme ŋɔ, tsi mate ŋu anɔ wo me o.


Oo, dzidzime ka miehenye! Milé ŋku ɖe Yehowa ƒe nya ŋu. Gbegbe menye na Israel loo, alo anyigba doblukɔ tsiɖitsiɖia? Nukaŋuti nye dukɔ le gbɔgblɔm be: Miele tsa glãla tsam, eye míagava gbɔwò o?


Ale Yehowa gblɔ esi: Nu manyo ka mia fofowo kpɔ le ŋunye, be wode megbe le ŋunye, eye wodze ya nuwo yome hezu tofloko?


Nye dukɔ, nukae mewɔ wò, eye fu kae meɖe na wò ma? Ɖo ŋu nam!


eye wo dome ɖevitɔ gblɔ na fofoa bena: Fofo, tsa nuawo ƒe akpa, si nye tɔnye la nam. Eye wòmã nuawo me na wo.


Ke esi wògblẽ wo katã vɔ la, dɔwuame sesẽa ɖe va anyigba ma katã dzi, eye hiã de asi etutu me.


ke esi viwòŋutsuvi sia, si gblẽ wò nuwo kple nyɔnu wɔahasiwo la, va ko la, nèwu nyivi dami nɛ.


Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo hã bena: Ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si xɔnuvi le esi, eye wotso eyama nu nɛ bena, ele eƒe nuwo gblẽm.


Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me;


Ke azɔ la miele Kristo Yesu me, mi amesiwo le adzɔge ʋĩ tsã la, miete va le Kristo ƒe ʋu la me.


Eye wòva gblɔ ŋutifafa ƒe nyanyuie la fia mi amesiwo le adzɔge kple amesiwo le kpuiƒe la.


eye woaxɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu. Amesiwo bua gbesiagbe ƒe aglotutu dzidzɔnui, ɖiƒoƒo kple ŋukpe wonye, eye wotsɔa nusiwo wokpɔ to woƒe amebeble me la, ɖua nu tsui, eye wotua aglo kpli mi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa