Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 14:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye esi dɔla la trɔ va la, exlẽ nusiawo fia eƒe aƒetɔ. Tete aƒetɔ la ɖo dɔmedzoe, eye wògblɔ na eƒe ɖɔla la bena: Do go kaba yi ɖe ɖu la ƒe ablɔwo me kple kpɔdomiwo, eye nakplɔ ame dahewo kple nuwɔametɔwo kple ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo va afii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 “Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔ me ve aƒetɔa ŋutɔ, eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui.

Onani mutuwo Koperani




Luka 14:21
38 Mawu Ofanana  

Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!


Mexa gobaa, eye mebi ŋutɔ, meƒo ɖi le yiyim ŋkekeawo katã.


Wò atagbiwo me do agblɔ, womedzi abalati la goŋgoŋ o, eye womehe abala me o. Emegbe woamã aboyonu kple nuhaha; xɔdrɔ̃wo ke hã aha nu.


ekema xɔdrɔ̃wo ali kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.


Miyi ɖatsa le Yerusalem ƒe kpɔdomeewo, mikpɔ nu, eye midze si nu, midi nu gɔme se le eƒe ablɔwo me, be míakpɔ amea ɖe loo, alo amea ɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòbiaa nyateƒe ta sena hã, ekema màtsɔe akee.


Eye esi wòtu gbemagbe la, alẽ ɖihiã, siwo lé ŋku ɖe ŋunye la, dze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye.


Menyi alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu, eye woɖi hiã ŋutɔ le alẽwo dome la. Metsɔ atikplɔ eve; meyɔ ɖeka be, „dɔmefafa“, eye meyɔ evelia be, „ɖekawɔwɔ“, eye menyi alẽawo.


Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Tete nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Enyae bena, esi farisitɔwo se nyaa la, eɖia wo nu mahã?


Ke esi wo tɔwo kpɔ nusi va yi la, eve wo ŋutɔ, eye woyi ɖagblɔ nusiwo katã va ve me la, fia woƒe aƒetɔ eteƒeteƒe.


Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me.


Ke boŋ, ne èɖo kplɔ la, yɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo,


Eye bubu gblɔ bena: Meɖe srɔ̃; eyata nyemate ŋu ava o.


Eye ɖɔla la gblɔ bena: Aƒetɔ, wowɔ se, si nède la dzi, eye gake nɔƒe gali.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ŋutsu mawo, siwo wokpe la, dometɔa ɖeke maɖɔ nye fiẽnuɖuɖu la akpɔ o.


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Eye esi apostoloawo tro va la, woxlẽ nusiwo wowɔ la fiae. Eye wòtso wo kpe ɖe eɖokui ŋu hekplɔ wo ɖe aga ɖe dua ɖe, si woyɔna be Betsaida la me.


Eye Yesu gblɔ bena: Nye la ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexe sia me ɖo, bena amesiwo mele nu kpɔm o la, ne woakpɔ nu, eye amesiwo le nu kpɔm la, ne woazu ŋkuagbãtɔwo?


Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o.


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.


Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.


Eye Dawid ƒe ɖekakpuiawo gbugbɔ lé woƒe mɔ heva gblɔ nyawo katã nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa