Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 14:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 14:11
24 Mawu Ofanana  

Exɔna na dukɔ, si wolena ɖe anyi, eye wò ŋku nɔa dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi.


Tete fia la gblɔ na Haman bena: Netsɔ, natsɔ awua kple sɔ la, eye nawɔ na Yudatɔ Mardoxai, amesi bɔbɔ nɔ fia ƒe agbonu la, abe alesi negblɔ ene; eye megana naneke nato le nya, siwo katã negblɔ la me o!


Ne wole to yim la, ekema ãgblɔ be: Míva dzi! Exɔna na amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi.


Elabena Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔgba.


Ŋuwò dza de ame dzadzɛ la ŋu, eye nèfia ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu.


Hafi ame nadze anyi la, eƒe dzi dana gbã; ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Anyitsi geɖe nono menyo o; ke nya sesẽwo me dzodzro enye bubu.


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi.


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Ewɔ nu sesẽ kple eƒe abɔ; ekaka amesiwo ɖo wo ɖokui ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la me.


Etu asi ŋusẽtɔwo ƒu anyi tso fiazikpuiwo dzi, eye wòdo ame bɔbɔɖanyiwo ɖe dzi.


Eye wògblɔ na amesi kpee hã bena: Ne èɖo ŋdɔ- alo fiẽkplɔ̃ la, megayɔ xɔ̃wòwo alo nɔviwòwo, alo wò ƒometɔwo, alo hawòvi kesinɔtɔwo o, bena woawo hã nagakpe wò, eye woaɖo eteƒe na wò o.


Mele egblɔm na mi bena: Amesia la wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Ke nɔvi, si nye ɖokuibɔbɔɖeanyila la, naƒo adegbe le eƒe kɔkɔɖedzi me;


Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.


Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi de dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi.


Samuel gblɔ be: Mele eme oa? Esi mèbu ɖokuiwò naneke o hã, mèzu Israel-toawo ƒe tatɔ oa? Eye Yehowa si ami na wò heɖo fia ɖe Israel nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa