Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 13:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye woatso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe ava, eye woanɔ kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Amewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe ava eye woanɔ kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 13:29
14 Mawu Ofanana  

Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye nakeke ta ɖe ɣetoɖoƒe, ɣedzeƒe, anyiehe kple dziehe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã. Ne mia kple wò dzidzimeviwo me.


Magblɔ na anyiehe be; Tsɔe ve! eye na dziehe be: Megasika ame di o! Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu,


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ke mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo latso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ava, eye woanɔ kplɔ̃ ŋuti akpe ɖe Abraham, Isak kple Yakob ŋuti le dziƒofiaɖuƒe la me;


Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe.


Eye kpɔ ɖa, mlɔetɔwo li, siwo azu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo li, siwo azu mlɔetɔwo.


Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodo Mawu ƒe xoxo sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe.


nenye bena, mienɔ xɔse me, abe amesiwo gɔme wodo anyi, eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te, esi ƒe subɔla nye Paulo mezu la me o.


esi va mia gbɔ, abe alesi wòle xexe blibo la katã hã me ene, eye wòtsea ku, eye wotsina, abe alesi wòle le miawo hã mia dome tso ŋkeke ma, si dzi miese, eye miedze si Mawu ƒe amenuveve le nyateƒe me la ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa