Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 13:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eɖi logoku, si amea ɖe tso ƒã ɖe eƒe abɔ me, eye wòtsi zu ati, eye dziƒoxeviwo va wɔ atɔ ɖe eƒe siawo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba va zu ati kɔkɔ aɖe, eye wòɖe alɔwo fũu, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe alɔawo me.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 13:19
38 Mawu Ofanana  

Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ enye abɔ, si ƒe ʋɔ wodo, vudo, si nu wotu nu do, kple tsidzɔƒe, si nu wotre.


Anyieheya, tso, eye dzieheya, va, naƒo ato nye abɔ me, ne eƒe ʋeʋẽ nagbagba di.


Nye lɔlɔ̃tɔ yi eƒe abɔ me, yi atike ʋeʋẽe kpowo gbɔ, ne wòanyi lã le abɔ me, eye wòaké dzogbenya.


Wò nyɔnu, si nɔa abɔ me, xɔlɔwo ƒu to anyi ɖe wò gbe ŋu; na masee!


Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo?


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


ekema Yehowa akplɔ wò ɖaa, eye wòaɖi ƒo na wò le kuɖiɖinyigba dzi, aɖe agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii, kple tsidzɔƒe, si ƒe tsiwo memiena o la ene.


Elabena alesi anyigba nana nuwo miena, eye abɔ nana nukuwo dzenae la, nenema Aƒetɔ Yehowa ana dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋku mee.


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


Woava atso aseye le Zion ƒe togbɛ dzi, eye woanye zi ɖe Yehowa ƒe nu nyuiwo dzi, ɖe lu, wein kple ami, alẽviwo kple nyiwo dzi, woƒe luʋɔ anɔ abe abɔ, si wode tsii ene, eye nu magati kɔ na wo azɔ o.


Dziƒoxewo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ geɖewo le eƒe vɔvɔli te.


Ke migblẽ eƒe takpoea ɖe to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe ɖe gbe dama me, dziƒo zãmu naƒo, eye eya kple gbemelãwo naɖu anyigba dzi gbe.


fia, egɔmeɖeɖe enye si, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe tameɖoɖo, si le nye aƒetɔ fia dzi va ge la, enye si:


Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!


Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.


Eye wògblɔ bena: Nuka ŋu miatsɔ mawufiaɖuƒe la aɖoe mahã? Alo lo ka woaɖo le eŋuti mahã?


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena: Ho ɖokuiwò naɖaɖo ɖe atsiaƒu me! eye aɖo to mi.


Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.


Eye esi wosee la, wokafu Mawu, eye wogblɔ nɛ bena: Nɔvi, èle kpɔma, alesi ame akpeakpewo xɔe se le Yudatɔwo dome, eye wo katã wonye ŋuʋãlawo ɖe se la ŋu;


Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.


le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa