Luka 13:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191314 Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o. Onani mutuwoAgbenya La14 Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta, elabena eyɔ dɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò, ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!” Onani mutuwo |