Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me.
Elabena Yohanes va mia gbɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi, eye miexɔ eyama dzi se o; ke nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo xɔ edzi se; gake miawo la, esi miekpɔe la, mietrɔ miaƒe tame emegbe bena, miaxɔ edzi ase o.