Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:56 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

56 Alakpatɔwo! Mienya alesi miaɖo anyigba kple dziƒo ƒe ŋku me akpɔ: ke aleke wɔ, bena mienya alesi míado ɣeyiɣi sia akpɔ o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

56 Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame kple anyigba ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe nu si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:56
12 Mawu Ofanana  

Amesiwo tso Isaxar-viwo dome la, wonye amesiwo nunya le tagba na, eye wonya ɣeyiɣi, si dzi Israel awɔ nane; woƒe tatɔwo le ame alafa eve, eye wo nɔviwo katã sea woƒe gbe.


maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matso ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye woxe lilii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?


Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.


Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa