Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke mafia amesi miavɔ̃ la mi: Miva amesi, ne ewu ame, emegbe la ŋusẽ le esi be, wòatsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me; ẽ, mele egblɔm na mi bena: Eyama miavɔ̃!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:5
16 Mawu Ofanana  

Yehowa de eɖokui fia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu; ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe eya ŋutɔ. Miyro saŋkuawo! Sela.


Dzideƒo vevi le Yehowa-vɔvɔ̃ me, eye sitsoƒe wònye na viawo.


Dukɔwo ƒe fia, amekae mavɔ̃ wò o ma? Elabena wòe wòdze; elabena amea ɖeke mele dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome, si le abe wò ene o.


le Kaldeatɔwo ta; elabena wole wo vɔ̃m, le esi Ismael, Netanya vi la, wu Gedalya, Axikam vi, amesi Babel-fia tso ɖo anyigba la nu la ŋuti.


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Ke miawo la mikpɔ nyuie! Kpɔ ɖa, megblɔ nuwo katã ɖi na mi!


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Enye ŋɔdzinu, ne amea ɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.


Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;


eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa