Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

33 Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:33
14 Mawu Ofanana  

Amea ɖewo ɖoa kesinɔtɔ wo ɖokui, ke agaga hã mele wo si o; amea ɖewo ɖoa ame dahe wo ɖokui, ke nu hɔ ɖe wo si.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.


Gake mietsɔ nusiwo le eme la, wɔ nunana na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nuwo katã le dzadze na mi.


Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.


Eye nye hã mele egblɔm na mi bena: Mitso anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui bena, ne wo nu tsi la, woaxɔ mi ɖe agbadɔ mavɔwo me.


Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.


Ke egblɔ esia, menye ame dahewo nu vem wòle o, ke boŋ fiafitɔ wònye, eye gakotoku la le esi, eye wòfia nusiwo wotsɔna dana ɖe eme.


eye wotsɔ woƒe anyigbawo kple woƒe ŋutinuwo dzra, eye wòmã wo me na wo katã le amesiame ƒe hiahiã nu.


Elabena xaxa me dodokpɔ geɖe me woƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ fũ kple woƒe ahedada, si nu sẽ la, gba go le le woƒe dzimekɔkɔ ƒe kesinɔnuwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa