Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 “Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:20
35 Mawu Ofanana  

Eye Haman xlẽ eƒe kesinɔnu nyuiawo, via gbogboawo kple nusiwo katã fia la tso ɖoe gãe, kpakple alesi wòtsɔe ɖo amegãwo kple fia ƒe dɔlawo dzi la na wo.


Elabena nuka nye ame vlo ƒe mɔkpɔkpɔ, ne Mawu lã eƒe luʋɔ, eye wòhoe ɖaa?


Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o.


Ale ŋɔdzi na wotsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me, wobu, eye wo nu yi!


Woƒe nudzodzro la nu mekpɔ yi haɖe o, eve woƒe nuɖuɖu la gale nu me na wo ko,


Kesinɔnu madzɔmadzɔ menye viɖea ɖeke o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku; me.


Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.


Amea ɖewo ɖoa kesinɔtɔ wo ɖokui, ke agaga hã mele wo si o; amea ɖewo ɖoa ame dahe wo ɖokui, ke nu hɔ ɖe wo si.


Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Amesi lsɔa demexɔxɔ kple kasaɖiɖi dzia eƒe kesinɔnuwo ɖe edzii la, ele nu tum ɖo na amesi vea eme dahewo nu.


Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.


Amesi ƒo kesinɔnu nu ƒu, ke menye to dzɔdzɔenyenye mɔ dzi o la, ele abe tegli, si ƒo vi, gake menye eya ŋutɔe ɖa azi la o la ene; agblẽe ɖi le eƒe agbenɔnɔ titina, eye le nuwuwu me la azu bometsila.


Mi amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nu maɖinuiwo ŋu, eye miele gbɔgblɔm be: De menye sesẽ mietsɔ to dzo ɖe ta oa?


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Mi movitɔwo! Alo ɖe menye amesi wɔ eŋuti la, wɔ eme hã o mahã?


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atso naneke ayii hã o;


Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa