Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye magblɔ na nye luʋɔ bena: Luʋɔ, èkpɔ nu nyui geɖe, siwo nèdzra ɖo hena ƒe geɖewo: gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie.” ’

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:19
39 Mawu Ofanana  

Amegbetɔ nyanu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.


Elabena ne eku la, matsɔ nusiawo katã dometɔa ɖeke aɖo asi o, eye eƒe bubu makplɔe ɖo o.


Vavã, tofloko enye amegbetɔviwo, eye alakpa enye ameviwo; wole wodzoo le nudanu me, elabena wo katã la tofloko wonye.


Kesinɔnu madzɔmadzɔ menye viɖea ɖeke o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku; me.


Nunyalawo ƒe kesinɔnu enye fiakuku; ke bometsilawo ƒe bometsitsi la, bometsitsi ko wònye.


Kesinɔtɔ ƒe nuwo nye eƒe du sesẽ, eye wobuna be, gli kɔkɔwo wonye.


Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.


Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Ɖe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ana nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene.


ke agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ li: wole nyi wum, wole ale tsom, wole lã ɖum, eye wole wein nom! Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!


Baba na amesiwo tɔa fɔŋli hetia aha muame yome, eye wotsia anyi vaseɖe zãtiƒe, ne wein nade dzo lã me na wo!


Baba na amesiwo le xɔ tsiãm ɖe xɔ nu, eye wole agble didim ɖe agble nu, vaseɖe esime teƒea ɖeke maganɔ anyi o, ne woawo ɖeɖe nanɔ anyigba dzi!


Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.


Alakpanudanu le Kanaan si, amebaba vivia enu.


Mi amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nu maɖinuiwo ŋu, eye miele gbɔgblɔm be: De menye sesẽ mietsɔ to dzo ɖe ta oa?


Eyata wòsavɔ na eƒe ɖɔ, eye wòɖo dzudzɔ na eƒe aguɖɔe; elabena woawoe na eƒe gome ɖa ami, eye eƒe nuɖuɖu sɔ gbɔ fũ.


Eye wògblɔ bena: Esia mawɔ: mamũ nye avawo, eye matu gatɔwo, eye afima maƒo nye nukuwo kple nye nu nyuiwo nu ƒu ɖo.


Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me;


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Nenye ame ƒe susu nue mewo aʋa kple lã wɔadãwo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, ekema „minɛ míaɖu nu, eye miano nu, elabena etso miele kuku ge!“


Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


Ke ahosi, si tsa eɖokui de asi na agbeɖuɖu la, ele agbe henye ame kuku.


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu,


Mieɖu nu vivi le anyigba dzi, eye miewɔ fewunuwo, mienyi miaƒe dziwo de wuwugbe la.


Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;


Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.


Esi wòkplɔe yii la, kpɔ ɖa, wokaka ɖe anyigba blibo la dzi, eye wole nu ɖum le nu nom hele ɣe ɖum le aboyonu geɖe, siwo katã woha tso Filistitɔwo ƒe anyigba kple Yuda-nyigba dzi la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa