Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye wògblɔ bena: Esia mawɔ: mamũ nye avawo, eye matu gatɔwo, eye afima maƒo nye nukuwo kple nye nu nyuiwo nu ƒu ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 eye susu aɖe va nɛ mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be, ‘Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo, eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe, ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã.

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:18
11 Mawu Ofanana  

tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo.


Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo to o mahã?


eye wobu le eɖokui me bena: Nuka wɔ ge mala? Elabena nyemekpɔ afisi maƒo nye kutsetsewo nu ƒu ɖo o.


Eye magblɔ na nye luʋɔ bena: Luʋɔ, èkpɔ nu nyui geɖe, siwo nèdzra ɖo hena ƒe geɖewo: gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò.


Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.


Mibu akpaviãwo ŋu bena, womeƒãa nu, alo ŋea nu o, eye nudzraɖo ƒe alo ava mele wo si o, ke Mawu nyia wo; miawo la mia tɔ vena wua xewo tɔ.


Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la,


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Mise nusi ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ.


Nunya sia la menye dziƒo wòtso va o; ke anyigbadzitɔe, dzɔdzɔmetɔe, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe.


Azɔ la miheyi, mi amesiwo gblɔna bena: Egbe alo etsɔ míayi du si kple du si me, eye mianɔ afima ƒe ɖeka, eye míatsa asi, eye míakpɔ viɖe!


Le esia teƒe la ele na mi be, miagblɔ bena: Ne Aƒetɔ lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawo esi kple esi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa