Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye wògblɔ nɛ bena: Ame, amekae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numãla ɖe mia dzi mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me?”

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:14
11 Mawu Ofanana  

Ke eya ɖo ŋu bena: Amekae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèbe, yeawu nye hã, abe alesi nèwu Egiptetɔ la enea? Tete Mose ɖe asi vɔvɔ̃ me, elabena ekpɔ bena, nya la ɖi wose.


Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.


Eye amea ɖe tso ameha la me gblɔ nɛ bena: Nufiala, gblɔ na nɔvinye be, wòamã domenyinyi la me kplim.


Eye emegbe ʋee la ame bubu kpɔe, eye wògblɔ bena: Wò hã wo dometɔ ɖeka nènye. Ke Petro gblɔ bena: Ame, menye nyee o.


Eye esi wòkpɔ woƒe xɔse la, egblɔ bena: Ame, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!


Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi de to la dzi.


Eye wògblɔ bena: Amea ɖeke o, Aƒetɔ. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi, eye tso esia dzi la megawɔ nuvɔ̃ o.


Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.


Ke, oo ame, si le ʋɔnu drɔ̃m amesiwo woa nenem nusiawo, eye wò ŋutɔ nèwɔa nu mawo ke la, ɖe nèsusuna bena, yeate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa