Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, migatsi dzimaɖi be, aleke miawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mia ɖokui nu alo agblɔ o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 “Nenye be wokplɔ mi va ƒuƒoƒedzikpɔlawo kple amegãwo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la alo atsɔ aɖe mia ɖokui nu ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:11
14 Mawu Ofanana  

Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò.


Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe?


Eye amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atso abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã?


Eye nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o;


Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka miano, alo nuka míatsɔ ata mahã o.


Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi míado o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa