Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Baba na mi sefialawo! Elabena mietsɔ nunya ƒe safui la dzoe, mia ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme la, miexe mɔ na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

52 “Baba na mi senyalawo, elabena mietsɔ nunya la ƒe safui dzoe. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:52
10 Mawu Ofanana  

Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Eye wo dome ame ɖeka, si nye sefiala la, biae hele etem kpo bena:


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Eye esi wòdo go tso afima la, agbalẽfialawo kple farisitɔwo lée ɖe do me vevie ŋutɔ, eye wole aɖe dem nu me nɛ le nu geɖewo ŋuti,


Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa