Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 tso Abel ƒe ʋu dzi vaseɖe Zaxarya, amesi wowu le vɔsamlekpui kple xɔ la domee la, ƒe ʋu la dzi. Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Woabiae atso dzidzime sia si me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

51 Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:51
9 Mawu Ofanana  

Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela.


Eyata gblɔ na wo be: Esia nye dukɔ, si mesea Yehowa, eƒe Mawu ƒe gbe o, eye meɖoa to amehehe o. Nyateƒetoto nu yi, eye wotsrɔ̃ ɖa le woƒe nu me.


Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu enyilia dzi la Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena:


bena nu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe du la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome.


Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.


kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa