Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Ale míenye ɖaseɖilawo, eye miefiaa kpɔɖeŋu be, mia fofowo ƒe nuwɔwɔ la nyo mia ŋu; elabena woawoe wu wo, ke miawoe ɖoa woƒe yɔdowo ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

48 Mieɖi ɖase, eye mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Wowu nyagblɔɖilawo, eye miawo hã mieɖɔa woƒe yɔdowo ɖo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:48
14 Mawu Ofanana  

Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.


Wò nue le fɔ, bum wò, menye nyee o, eye wò nuyiwoe nye ɖasefowo ɖe ŋuwò.


Tete Mawu te wo kple da, eye woxɔ abi enumake.


Miawo miele gbɔgblɔm be: Nukaŋuti fofo ƒe vodada manɔ via dzi ɖo o hã? Ne via wɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye wòléa nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔa wo dzi la, anɔ agbe.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo; elabena mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wòsi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kpakple ɖiƒoƒo katã.


Alea mieɖia ɖase le mia ɖokui ŋuti bena, míenye amesiwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.


Baba na mi! Elabena mieɖɔa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo ɖo, ke mia fofowoe wui wo.


Le esia ta hã Mawu ƒe nunya gblɔ bena: Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo aɖo ɖe wo gbɔ, eye woawu wo dome ɖewo, eye woati wo yome,


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wo miaƒe kpɔɖeŋu.


Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mia ŋutɔwoe nye ɖasefo na mia ɖokui be, mietia Yehowa, be miasubɔ. Woɖo ŋu be: Ẽ, mia ŋu tɔwoe nye ɖasefo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa