Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 tsɔ mìaƒe nu vɔ̃wo ke mí le, esi míetsɔ ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la tɔwo ke wo ta, eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’ ”

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:4
31 Mawu Ofanana  

mawudɔla, si ɖem tso nye hiãwo katã me la, ayra ɖeviawo eye woayɔ nye ŋkɔ kple fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu, wòadzi ɖe dzi, eye woasɔ gbɔ le anyigba la dzi.


ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nagakplɔ wo ava anyigba, si nètsɔ na wo fofowo la dzi.


ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, elabena èfia mɔ nyui, si dzi woazɔ la wo, eye nana tsi nadza ɖe wò anyigba, si netsɔ na wò dukɔ abe domenyinu ene la dzi.


Yehowa adzɔ ŋuwò tso vɔ̃wo katã me, adzɔ wò luʋɔ ŋu.


Le wò ŋkɔ la ta, Yehowa, tsa nye vodada kam, elabena esa gbɔ!


Kpɔ nye nuxaxa kple nye hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem!


Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.


Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.


Eye wògblɔ na wo bena; Mia dometɔ ka si xɔlɔ̃ anɔ, eye wòayi egbɔ le zãtitina, eye wòagblɔ na bena; Xɔ̃, do abolo etɔ̃ nam;


Alo ame wuienyi ma, siwo dzi Siloamɔ̃ mu dze, eye wowu wo la, ɖe miesusu bena, woawoe nye tenyilawo wu amesiwo katã no Yerusalem mahã?


eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele alɔ̃ dɔm? Mitsi tre, ne míado gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o!


Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe.


Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nyaa ɖe le amea ɖe si ɖe amea ɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!


Ke nuteƒewɔla enye Aƒetɔ la, amesi ado ŋusẽ mi, eye wòadzra mi ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.


Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa