35 Eyaŋuti kpɔ nyuie, bena kekeli, si le mewò la, naganye viviti o.
35 Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la naganye viviti o.
Amea ɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu nyea ku ƒe mɔ.
Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.
Ame blibo la ƒe akaɖi enye ŋku; ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ.
Ŋutilã ƒe akaɖi enye wò ŋku; ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã hã me lakɔ; ke ne evɔ̃ɖi la, wò ame blibo la katã hã me lado viviti.
Azɔ, ne wò ŋutilã blibo la me klẽ, eye afia ɖeke medo viviti o la, eme; blibo la katã laklẽ, abe alesi akaɖi kple eƒe keklẽ klẽna na wò ene.
Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,
Elabena amesi si nusiawo mele o la, enye ŋkuagbãtɔ, eye mekpɔa didiƒenu o, eye woŋlɔ eƒe tsã nuvɔ̃wo kɔklɔɖa la be.
Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ.
Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.