Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:28
16 Mawu Ofanana  

Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.


Mɔzɔha. Woayra amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.


Amesi dzraa sedede ɖo la dzraa eƒe agbe ɖo; amesi meléa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu o la, aku?


Eyata, mi viwo, miɖo tom. Woayra amesiwo dzra nye mawo ɖo.


Eye wòɖo eŋu na wo bena: Danye kple nɔvinyewo nye esiawo, amesiwo le mawunya la Sem, eye wole edzi wɔm.


Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi.


Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa