Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòva ve me bena, esi wòle gbe ɖom ɖa le teƒea ɖe, eye wòdzudzɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mi, abe alesi Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:1
14 Mawu Ofanana  

Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi,


Dzra wò dɔla ɖo tso dadalawo si me, ne womagaɖu aƒetɔ ɖe nanye o! Ekema fɔɖiɖi mana ŋunye o, eye madza tso vodada gãwo me.


elabena Maria lia nyuia gome, si womele xɔxɔ ge le esi o.


Eye wògblɔ bena: Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ bena: Mía Fofo, si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!


Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.


Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o!


Eye Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome lãme eve va egbɔ, eye wòdɔ wo do ɖe Aƒetɔ la gbɔ gblɔ bena: Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã?


Eye wòva ve me bena, esi eya ɖeka le gbe dom ɖa la, nusrɔ̃lawo le eŋu, eye wòbia wo bena: Ameka amehawo gblɔna bena, menye mahã?


Eye wòva ve me anɔ ŋkeke enyi le nya siawo megbe bena, esi wòɖe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpe ɖe eɖokui ŋu la, eyi to la dzi, be yeado gbe ɖa.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


Ke, mi hiãtɔwo la, mitu mia ɖokui ɖe miaƒe xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta la dzi, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa