Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 10:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Ke Marta le sreɖi dzem le subɔsubɔ geɖe ŋuti, eye wòva tsi tre gblɔ bena: Aƒetɔ, de mètsɔ ɖeke le eme bena, nɔvinye gblẽ nye ɖeka ɖi na subɔsubɔ o mahã? Gblɔe nɛ azɔ, ne woakpe asi ɖe eŋu nam.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

40 Ke Marta ya tsi dzodzodzoe nɔ nu ɖam na Yesu. Sẽe la, Marta te ɖe Yesu ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ mèkpɔe be medze be nɔvinye nanɔ anyi ɖe afi sia, eye nye ɖeka manɔ dɔawo katã wɔm oa? Gblɔ nɛ be neva kpe ɖe ŋunye.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 10:40
12 Mawu Ofanana  

Eye esi fiẽsi ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Afisia gbedzìe, eye ɣeyiɣi la va yi xoxo; ɖe asi le amehawo ŋu azɔ, ne woayi ɖe kɔƒeawo me aɖaƒle nuɖuɖu na wo ɖokui.


Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!


Eye esi etowo see la, wodo go yi ele ge; elabena wogblɔ be: Eƒe tame da!


Eye wòva ve me le woƒe mɔzɔzɔ me bena, eyi ɖe kɔƒea ɖe me; eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Marta la, xɔe ɖe eƒe me.


Ke Aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Marta, Marta, èle agbagba dzem, eye nèle fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti, ke nu ɖeka koe le vevie;


Eye miawo la, migadi nusi miaɖu alo nusi miano o, eye miaƒe tamesusu naganyama mi o.


Ke etrɔ, eye wòblu ɖe wo ta gblɔ bena: Alo mienyã gbɔgbɔ ka ƒomevi tɔ míenye o ba?


Eye amea ɖe le dɔ lém, eŋkɔe nye Lazaro tso Betania, si nye Maria kple nɔvianyɔnu Marta ƒe kɔƒe la.


Eye Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua kpakple Lazaro.


Eye wowɔ fiẽnuɖuɖu nɛ le afima, eye Marta subɔ kplɔa ŋuti, ke Lazaro enye amesiwo nɔ kplɔa ŋuti kplii la, dometɔ ɖeka.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa