Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 10:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 10:19
12 Mawu Ofanana  

Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi, ke nye la mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi na mi: fofonye ƒo mi kple atam, ke nye la maƒo mi kple dziɖegbe!


Azɔ dzata kple ƒli dzi, eye enya avuzi le dzatavi kple ʋɔ driba dzi.


Ɖevi nono ate le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi, si ɖi no la, aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me.


Ke wò amevi, nenye be, nèle dza kple aŋɔkawo gbɔ, eye nètso aƒe ɖe dziɖegbewo gbɔ hã la, megavɔ̃ wo o, eye megavɔ̃ woƒe nyawo o! Megavɔ̃ woƒe nyawo o, eye woƒe mo megatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye;


Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.


Alo ne abia koklozi la, wòana dziɖegbee mahã?


Gake eya ʋuʋu lã la ɖe dzo la me, eye nu vevia ɖeke mewɔe o.


Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã!


Eye ne amea ɖe ɖi be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa