Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke eva me bena, esime wòle nunɔnɔdɔ wɔm le edzidzedze ƒe ŋkekeɖoɖo la nu le Mawu ƒe ŋku me

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Eva eme be Zekaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔnu la nu le Mawu ƒe ŋkume,

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:8
16 Mawu Ofanana  

Esia nye woƒe ɖoɖomewo hena woƒe dɔwɔwɔ, ne woayi Yehowa ƒe aƒe la me le ɖoɖo, si wo fofo Aron do na wo la nu, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se nɛ ene.


Ke Nadab kple Abihu wotre kuku na wo fofo, eye viŋutsua ɖeke menɔ wo si o, eyata Eleazar kple Itamar wòzu nunɔlawo.


elabena Lewi-viwo gblẽ woƒe duwo kple woƒe anyigbawo ɖi heʋu va Yuda kple Yerusalem, elabena Yerobeam kple viawo nyã wo, be womaganye nunɔlawo na Yehowa o.


Eye woɖe ŋutsu, siwo ŋkɔ woyɔ la, na Aron viwo, siwo nye nunɔlawo le woƒe lãnyiƒewo ƒe duwo me, ne woana nu nunɔlawo dome ŋutsu sia ŋutsu kpakple Lewi-vi, siwo katã ŋkɔ woŋlɔ ɖi.


Eye Xizkiya ɖo nusiawo kple Lewi-viwo ƒe hawo. Nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo dome ɖesiaɖe le eƒe da nu ɖe numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu, eye woasubɔ, woada akpe, eye woakafu le Yehowa ƒe asaɖa la ƒe agbowo nu.


Eɖo nunɔlawo ƒe hawo woƒe subɔsubɔdɔwo nu, le fofoa Dawid ƒe ɖoɖo la nu kple Lewi-viwo woƒe dɔwo nu, ne woakafu, eye woasubɔ le nunɔlawo gbɔ, le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, kple agbonudzɔlawo ƒe hawo ɖe agbo sia agbo nu, elabena alea Mawu ƒe ame Dawid de se gblɔ.


Eye wo ɖo nunɔlawo le woƒe ɖoɖowo nu kple Lewi-viwo le woƒe hawo nu ɖe mawusubɔsubɔ nu le Yerusalem, ahe alesi woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽa me ene.


Eye naɖe nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo le Israel-viwo dome ava gbɔwòe, bena woazu nunɔlawo asubɔm; Aron ŋutɔ kple viaŋutsuwo: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.


Ɖo atsyɔ̃ na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye nasi ami na wo, aɖo wo, eye nawɔ wo kɔkɔe, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Eye nusi nawɔ na wo, be nawɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm la, enye si: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve, siwo sɔ blibo,


Makɔ agbadɔ la kple vɔsamlekpuia ŋu, eye makɔ Aron kple viaŋutsuawo ŋuti, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Bla ali dzi na wo, Aron ŋutɔ kple viaŋutsuawo, eye nabla tablanu la na wo, bena nunɔladɔ nazu wo to tegbee. Ale naɖo Aron kple viaŋutsuawo enye si;


Eye nasi ami na Aron kple viaŋutsuawo awɔ wo kɔkɔe, bena woazu nunɔlawo asubɔm.


Ke mia kple viwòwo miawo nunɔladɔ la le vɔsamlekpui la gbɔ kple xɔmetsovɔ la godo. Ɖe metsɔ nunɔladɔ la na mi: ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Le Herodes, si nye Yudea-fia, ƒe ŋkekewo me la mawununɔlaa ɖe li, eŋkɔ enye Zaxarya, si tso Abiya ƒe ŋkekeɖoɖo me, eye srɔ̃a tso Aron ƒe vinyɔnuviwo dome, eye eƒe ŋkɔ enye Elisabet.


Ke vi mele wo si o, elabena Elisabet tsi ko, eye woa kple eve la siaa woxɔ ƒe geɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa