Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu.
Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.
amesi Mawu ɖe avulénu to xɔse me le eƒe ʋu la me, bene yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã la dzi, le esime Mawu ɖo dzi la ŋuti,