Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke vi mele wo si o, elabena Elisabet tsi ko, eye woa kple eve la siaa woxɔ ƒe geɖe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Gake vi aɖeke hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la katã wotsi ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:7
16 Mawu Ofanana  

Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?


Eye Abraham kple Sara wotsi xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, ale bena Sara megaléa gbe gɔ̃ hã o.


Ke Isak, ƒo koko na Yehowa le srɔ̃a ta, elabena etsi ko. Eye Yehowa ɖo to eƒe kokoƒoƒo la, eye srɔ̃a Rebeka fɔ fu.


Ke esi Raxel kpɔ bena, yemedzi via ɖeke na Yakob o la, Raxel ʋã ŋu nɔvianyɔnu la, eye wògblɔ na Yakob bena: Na madzi vi; ne menye nenem o la, maku!


Esi fia Dawid ku amegã xɔ ƒe geɖe la, wotsyɔa avɔwo ne, gake dzo meɖoa eƒe lã me o.


Tete wògblɔ be: Nuka gɔ̃ woawɔ ne? Gexazi ɖo ŋu be: Vi mehele esi o ɖe, eye srɔ̃a ku amegã.


Le Herodes, si nye Yudea-fia, ƒe ŋkekewo me la mawununɔlaa ɖe li, eŋkɔ enye Zaxarya, si tso Abiya ƒe ŋkekeɖoɖo me, eye srɔ̃a tso Aron ƒe vinyɔnuviwo dome, eye eƒe ŋkɔ enye Elisabet.


Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.


Ke eva me bena, esime wòle nunɔnɔdɔ wɔm le edzidzedze ƒe ŋkekeɖoɖo la nu le Mawu ƒe ŋku me


Eye megbɔdzɔ le xɔse me o, mebu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã, si ku xoxo la, esi wòxɔ ƒe, si ano ƒe alafa, kple Sara ƒe vidzidɔ, si ku la o;


Le xɔse me Sara ke hã kpɔ ŋusẽ bena, wòfɔ fu, eye wòdzi vi le eƒe nyagãkuku me; elabena ebu amesi na ŋugbedodoe la nuteƒewɔlae.


Eɖe srɔ̃ eve, ɖeka ŋkɔ nye Xana, eye evelia ŋkɔ nye Penina; Penina dzi vi, ke Xana medzi via ɖeke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa