60 Eye dadaa xa edzi gblɔ bena: O! Ɖeko woayɔe be Yohanes.
60 gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.”
Eye wotsɔe ɖe asi na nyagblɔɖila Natan, amesi na ŋkɔe le Yehowa ta be Yedidya.
Eye mete de nyɔnu nyagblɔɖila ŋu wòto fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Tete Yehowa gblɔ nam be: Yɔ eƒe ŋkɔ be „Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!“
eye menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.
Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.
Eye wogblɔ nɛ bena: Amea ɖeke mele wò ƒome, si wotsɔ ŋkɔ sia na o.
Eye wòbia nuŋlɔkpe suea ɖe, eye wòŋlɔ bena: Yohanes enye eƒe ŋkɔ. Tete wo katã ƒe mo wo yaa.