Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Ewɔ nu sesẽ kple eƒe abɔ; ekaka amesiwo ɖo wo ɖokui ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

51 Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ, eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:51
32 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa na bena, wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi, eye wodzudzɔ ɖu la tsotso.


Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,


Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Aseye kple dzidzɔɣli le didim le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔwo me be: Yehowa ƒe nuɖusi wɔa kalẽ!


Yehowa tɔtɔ dukɔwo ƒe adaŋudede me, eye wògblẽ anyigba dzi dukɔwo ƒe tameɖoɖo me.


Kpɔ ɖa, ŋutsu, si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ̃ sesẽe o, ke boŋ wòɖo dzi ɖe eƒe kesinɔnu sɔgbɔawo ŋu, eye wòtɔ asi kɔ ɖe eƒe nuwo ŋu la enye si!


Ekema makafu wò le nye agbe me katã, eye mawu nye asiwo dzi le wò ŋkɔ me.


Wòe ɖu fia ɖe atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi; ne eƒe tsotsoewo le mimlim la, wòe tsia wo nu.


Wòe wɔ anyiehe kple dziehe; Tabor kple Xermon le aseye tsom de wò ŋkɔ ŋu.


Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ.


Fifi ko menyae bena, Yehowa kpe wu mawuwo katã; elabena etsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vlo wɔwɔ he toe na wo.


Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe alo aɖu fia ɖe enu. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe teƒeɖoɖo le eŋgɔ.


Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ɖe menye wòe fũ Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa?


Yehowa klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo katã ŋku me, eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã akpɔ mía Mawu ƒe xɔname.


Amesi na eƒe atsyɔ̃dabɔ to Mose ƒe nuɖusi dzi, eye wòmã tsi la me ɖe eve le wo ŋgɔ, be wòaɖe ŋkɔ mava eɖokui ŋu?


Elabena mewɔ wò sue le dukɔwo dome, eye medo vlo wò le amegbetɔwo dome.


Eyata esi wònye wonya Mawu hafi, gake womekafunɛ abe Mawu ene o, ke boŋ woƒe tamesusuwo zu yaka, eye woƒe dzi masenugɔmewo do viviti la.


esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye mieɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo;


Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa